Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 10:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye Yehowa na wolulu le Israel ŋku me, eye wòsi wo le Gibeon gbɔ tɔtɔtɔ, eye woli wo yome vaseɖe Bet-Xoron-mɔ dzi, eye wòsi wo vaseɖe Aseka kple Makeda ke.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Tete Yehowa na futɔwo vɔ̃ eye wotɔtɔ, ale Israelviwo wu ame geɖewo le Gibeon, eye wonya ame mamlɛawo, nɔ wo wum le mɔa dzi yi keke Bet Horon kple Azeka kple Makeda.

Gade chapit la Kopi




Yosua 10:10
29 Referans Kwoze  

Yehowa ɖe gbe le dziƒo, eye dziƒoʋitɔ la na wose eƒe gbe.


Efrayim-viwo ƒe anyigba enye si le woƒe ƒomeawo nu. Woƒe anyigba la ƒe ɣedzeƒeliƒo tso Aterot-Adar vaseɖe Bet-Xoron ƒe dzigbe gome


eye wòmlo to Yafletitɔwo ƒe anyigba ŋu le ɣetoɖoƒe gome hezɔ Bet-Xoron-nyigba ƒe anyigbe gome va ke ɖe Gezer hewu nu ɖe ƒu la nu.


Elabena Yehowa akɔ eɖokui ɖe dzi abe le Perazim-to la gbɔ ene, eye wòanyrã abe le Gibeon-bali me ene, ne woawo eƒe do, do tutɔ enye eƒe do la, ne woawo eƒe nuwɔwɔ, nuku enye eƒe nuwɔwɔ.


Eye Yehowa tsɔ yi de zi Sisera kple eƒe tasiaɖamwo katã kple eƒe aʋakɔ blibo la me le Barak ŋgɔ, eye Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si.


Yarmut, Adulam, Soxo, Azeka,


Esi wosi le Israel nu hele Bet-Xoron-to ƒe abu ɖim la, Yehowa hlẽ kpe gãwo ɖe wo dzi tso dziƒo vaseɖe Aseka, eye woku; amesiwo kpetsiawo wu la sɔ gbɔ wu esiwo Israel-viwo wu kple yi.


esime Babel-fia ƒe aʋakɔ le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda-du, siwo katã kpɔtɔ ɖi, siwo nye Laxis kple Aseka; elabena woawo nye du sesẽwo kpɔtɔ le Yuda-duwo dome.


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


Eye Asa kple aʋakɔ, si le eŋu la, ti wo yome vaseɖe Gerar, eye Kusitɔwo tsi aʋa, ale be wo dometɔa ɖeke metsi agbe o; elabena wotsrɔ̃ le Yehowa kple eƒe aʋakɔ la ŋgɔ. Eye woha nu geɖe ŋutɔ.


Aʋalɔgo evelia trɔ to Bet-Xoron-mɔ, eye aʋalɔgo etɔ̃lia trɔ to liƒo, si ho gɔ̃ ɖe Zeboim-bali me ɖo ta gbedzi la gbɔ mɔ.


Kibzayim kple eŋu lãnyiƒe kpakple Bet-Xoron kple eŋu lãnyiƒe; wole du ene.


Gederot, Bet-Dagon, Naama kple Makeda. Wole du wuiade hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu.


Makeda-fia ɖeka, Betel-fia ɖeka,


Eye Yehowa tsɔ wo de asi na Israel, ale be wosi wo henyã wo ɖe nu vaseɖe Zidon, du gã la me, vaseɖe Misrefot-Mayim kple Mizpa-bali la me le ɣedzeƒe gome, eye wosi wo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ o.


Eye Yosua xɔ Makeda le ŋkeke ma ke dzi; ewu wo kple yi, eye wotsrɔ̃ eme fia kple amesiwo katã le eme la gbidigbidi, eye mena amea ɖeke si o, eye wòwɔ Makeda-fia, abe alesi wòwɔ Yerixo-fia ene.


Yehowa, wò Mawu, atsɔ wo ade asi na wò, eye zi gãa ɖe aƒo ɖe wo dome, vaseɖe esime woatsrɔ̃ avɔ;


Tete Yosua va ƒo ɖe wo dzi kpoyi, elabena ezɔ zã blibo la tso Gilgal.


Eye Filistitowo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, be yewoawɔ aʋa. Wova kpe ta ɖe Soxo le Yuda, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Soxo kple Azeka dome le Efes-Damim.


Eda aŋutrɔ wòkaka wo hlẽ, eye wòɖo dzikedzo ɖa wòtafa wo.


Eye Salomo tso Gezer kple anyigbe Bet-Xoron,


Ne míeƒu asaɖa anyi ɖe lãkpɔwo domee la, enɔna abe ahɔ̃ne ƒe aʋala, si ŋu wofa klosalo ɖo, kple eƒe fu, si ŋu sika le hẽ la ene.


Ke Barak ti tasiaɖamwo kple aʋakɔ la yome vaseɖe Xaroset-Goyim; eye Sisera ƒe aʋakɔ blibo la tsi yi nu, ame ɖeka hɔ̃ hã mekpɔtɔ o.


Dziƒo wotso wɔ aʋa la, ɣletiviwo nɔ woƒe mɔwo dzi wɔ aʋa kple Sisera.


Ke ameha, siwo Amazya gbugbɔ ɖo ɖa, be womagayi aʋa la kplii o la, yi ɖakaka ɖe Yuda-duwo me tso Samaria vaseɖe Bet-Xoron; wowu ame akpe etɔ̃ le wo dome, eye woha aboyonu geɖe.


Eye Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye woakpɔ eƒe alɔ ƒe ɖiɖiɖeanyi le ɖɔmedzoe ƒe bublu, dzo binu ƒe aɖe, ahom, tsidzadza gãwo kple dzikpewo me.


Eye Yehowa aho awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe gbesigbe wòwɔ aʋa le aʋakpegbe ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite