Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Yehowa Mawu dɔ treklɔnu wòva mie ɖe Yona ta me, ne wòado vɔvɔli ɖe edzi ahafa eƒe dzikudodo nu nɛ; tete Yona kpo dzidzɔ le treklɔnu la ŋu ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yehowa, Mawu na yevukutsati mie heɖo vɔvɔli ɖe Yona tame be wòatsi ŋudɔɖuame la nu. Yona kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le yevukutsati la ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Yona 4:6
11 Referans Kwoze  

eye amesiwo le avi fam la, nanɔ abe ɖe womele avi fam o ene; eye amesiwo le dzidzɔ kpɔm la, nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene; eye amesiwo le nu ƒlem la, nanɔ abe ɖe naneke mele wo si o ene;


Gake migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.


Eye Xizkiya kpɔ dzidzɔ le nusiawo ŋuti, eye wòfiã eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple eƒe aʋawɔnuxɔ blibo la kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe la wo; naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe me kple fiaɖuƒe blibo la me o.


Tete Haman do go gbemagbe kple dzidzɔ, eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme. Ke esi Haman kpɔ Mardoxai le fia ƒe agbo me metsi tre, ne wòahayi eɖokui ʋã ge le eŋku me o la, dzi ku Haman vevie ŋutɔ ɖe Mardoxai nu;


Mi amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nu maɖinuiwo ŋu, eye miele gbɔgblɔm be: De menye sesẽ mietsɔ to dzo ɖe ta oa?


Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.


Tete Yona do le dua me ɖabɔbɔ nɔ dua ƒe ɣedzeƒe gome, eye wòtu agbadɔ ɖe afima hebɔbɔ no eƒe vɔvɔli te, ne yeakpɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi.


Ke esi agu dze le ŋkeke evelia dzi la, Mawu do ŋɔ wòva du treklɔnu la woku.


Alesi kluvi ƒe ŋku blãna ɖe vɔvɔli ŋu, eye alesi agbaledɔwɔla nɔa eƒe fetu dzɔmee la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite