Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 ɖe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo menya nuka enye ɖusi kple mia hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 ekema nu ka ta nyemakpɔ nublanui na du gã xɔŋkɔ abe Ninive ene, du si me ame akpe alafa ɖeka kple blaeve siwo menya woƒe ɖusi tso woƒe mia gbɔ o la le kpe ɖe woƒe lã gbogboawo ŋu o ɖo?”

Gade chapit la Kopi




Yona 4:11
17 Referans Kwoze  

alo mele na wò bena, wò hã nakpɔ wò hadɔtsɔla ƒe nublanui, abe alesi nye hã mekpɔ wò nublanui ene o mahã?


Tso, nayi Niniwe, du gã la me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va ŋkunye me.


Yehowa, wò amenuveve ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ ɖaseɖe alilikpowo ŋu.


Eye miaƒe vidzie, siwo ŋu miegblɔ le be, woazu aboyonu, kple mia viŋutsu, siwo mele nyui alo vɔ̃ nyam egbe siawo o la, ade afima, eye matsɔe na wo wòanye wo to.


Enana gbe miena na lãwo kple agblemenuwo na amegbetɔwo ƒe ŋudɔwɔwɔ, ne woaɖe nuɖuɖu atso anyigba me.


Eye esi Mawu kpɔ, alesi wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔwo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.


Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.


Elabena hafi ɖevi la nava nya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia la, anyigba, si ƒe fia wo kple eve le ŋɔ dzim na wò la, lazu gbegbe!


Tete Asur-fia Sanxerib ho gbugbɔ dzo yi aƒe, eye wòɖanɔ Ninive.


Tete Yehowa gblɔ be: Treklɔnu, Si ŋu medze agbagba le o, mekpɔ edzi wòtsi o, emie le zã ɖeka me, eye woku le zã ɖeka me la ƒe nu le vewòm, —


kpakple nu gbagbe, siwo katã le mia gbɔ, xe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã, esiwo le mia gbɔ, kple anyigba dzi lãwo tsyo ƒomevi, siwo do go le aɖakaʋu la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite