Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 3:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ame siwo le Ninive dua me la xɔ Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya.

Gade chapit la Kopi




Yona 3:5
21 Referans Kwoze  

Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple dzidzime sia, eye woabu fɔe; elabena wotrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒãɖeɖe nu, eye kpɔ ɖa, amesi wu Yona, le afisi!


Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena wòtrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒẽɖeɖe la nu; eye kpo ɖa, amesi wu Yona la, le afii!


Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko,


Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe! Miƒo ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã nu ƒu ɖe Yehowa, mia Mawu la ƒe me, eye mido ɣli na Yehowa!


Tete Yosafat vɔ̃, eye wotsɔ eƒe ŋku ɖo Yehowa didi ŋu, eye wòna woɖe gbe ƒã le Yuda blibo la, be woatsi nu aɖɔ.


Ke xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


Eyaŋuti, mía; tɔwo, miaƒe dzi nèdze me, elabena mexɔ Mawu dzi se bena, ava me nenema, abe alesi wògblɔ; nam ene.


amesia ŋuti wo katã ku ɖo, tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, hele gbɔgblɔm bena: Amesiae nye Mawu ƒe ŋusẽ la, si woyɔna be gã.


eye wòyɔ Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafia, siwo katã le eŋu, kpakple dukɔ blibo la tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi


Eye aʋafiawo katã, Yoxanan, Kareax vi, kple Yezanya, Hosaya vi, kpakple dukɔ blibo la, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi, va


Le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe atɔ̃lia me le dzinu asiekelia dzi la wode gbe ƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋku me na dukɔ blibo, si le Yerusalem, kple dukɔ, siwo katã tso Yuda-duwo me va Yerusalem.


Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.


Tete mede gbe ƒã le Ahawatɔsisi la nu be, woatsi nu adɔ, ne míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mía Mawu ŋku me, eye míabia afɔ nyui tsɔtsɔ tso esi na mía ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe kesinɔnuwo katã.


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Esi Mardoxai se nya, siwo katã dzɔ la, Mardoxai dze eƒe awuwo, ta akpanya, si afi, eye wòto dua titina le ɣli dom sesĩe nublanuitɔe


Eye wòna wodo kpo gblɔ le Niniwe ɖe fia kple eƒe amegãwo ƒe se nu bena: Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo-kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ana tsi o,


Tete Israel-viwo ɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi tso Xoreb-to la gbɔ.


Esime fia Xizkiya see la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe aƒe la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite