Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míadzidze nu, ne míakpɔ amesi ta dzɔgbevɔ̃e sia dza de mía dzi ɖo la! Tete wodzidze nu, eye nudzidze la dze Yona dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Azɔ melikulawo gblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míadzidze nu, akpɔe ɖa be ame kae na dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzi mahã.” Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi.

Gade chapit la Kopi




Yona 1:7
18 Referans Kwoze  

Woda dzidzenu ɖe akɔme, ke Yehowa me nye emetsotso katã.


Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Tsi tre! Nukaŋuti gɔ̃ nètsyɔ mo anyi?


Ke ne miewɔ alea o la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye míakpɔ miaƒe nuvɔ̃wo tɔ nua.


Eye wòtsrɔ̃ dukɔ adre le Kanaan-nyigba dzi, eye wòmã woƒe anyigba me na wo hena domenymyi.


Ke esi woklãe ɖe ati ŋuti megbe la, womã eƒe awuwo me, eye wodzidze nu ɖe wo dzi, bena woawu nya, si nyagblɔɖila gblɔ ɖi la nu bena: „Wòmã nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu ʋlaya dzi.“


Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo katã. Ke woawo kpɔe, eye wofɔ ŋku ɖe dzinye.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Megblɔ na Mawu be: Megabu fam o; na manya nusi la nele avu wɔm kplim ɖo!


Le dzinu gbãtɔ, si nye dzinu Nisan me, le fia Axasweros ƒe ƒe wuievelia me la, woda pur, si nye nudzidzernu le Haman ŋku me le ŋkeke sia ŋkeke dzi kple dzinu sia dzinu me vaseɖe dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite