Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yona 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye woyɔ Yehowa gblɔ bena: Ao, Yehowa, megana míatsrɔ̃ le ŋutsu sia ƒe agbe ta o, eye megatsɔ̃ ʋu maɖifɔ ɖo mía dzi o; elabena Yehowa nènye, eye nusi dze ŋuwò la, nèwɔna.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ale wodo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, mègabia hlɔ̃ mi ɖe ame sia ƒe agbe ta o. Mègabu fɔ mí be míekɔ ʋu maɖifɔ ɖi o, elabena, O Yehowa, wòe wɔ nu si dze ŋuwò.”

Gade chapit la Kopi




Yona 1:14
15 Referans Kwoze  

Mía Mawu le dziƒo, nusianu, si dze eŋu la, wòwɔna.


Nusianu, si dze Yehowa ŋu la, ewɔnɛ le dziƒo kple anyigba dzi, le atsiaƒuwo me kple gogloƒewo katã.


Yehowa, lé avu wò dukɔ, si nèxɔ ƒle la, eye megabia ʋu maɖifɔ tso wò dukɔ Israel si o! Ekema woaɖe ʋu la ɖa le wo dzi.


eya, amesi me míexɔ domenyinyi la hã le, esime woɖo mí ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu,


Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo me.


ẽ, Fofo, elabena nenema enyo ŋuwò.


Tete ŋutsuawo vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, wosa vɔ na Yehowa, eye woɖe adzɔgbe.


Tete ʋukulawo vɔ̃, eye wo dome amesiame do ɣli yɔ eƒe mawu, eye wotsɔ ʋua me nuwo ƒu gbe ɖe ƒu me, ne woazu wodzoe, ke Yona ya yi ɖe ʋua gɔme, eye wòmia anyi do alɔ̃ yi me ʋĩ.


esi wòna míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla la le eƒe ŋudzedze, si wòɖo ɖi le eɖokui me la nu


Ke esi afimatɔwo kpɔ lã la xatsa ɖe eƒe asi ŋu la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesia nye hlɔ̃dola, eye esi wòkpɔ ɖeɖe tso ƒu me hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia meɖe mɔ ne be, wòanɔ agbe o.


Yehowa, wodi wò le hiã me, eye esi wò tohename va wo dzi la, wotrɔ woƒe dzi me nya wo ƒo ɖe anyi.


Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.


Tete ŋutsuawo ku ʋua, be woatrɔ ayi gota, ke womete ŋui o, elabena atsiaƒu da nyrã ɖe edzi hekpe wo.


ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite