Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Esi mele xexeame la, xexeame ƒe kekeli menye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 9:5
17 Referans Kwoze  

Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


Nye la kekeli menye va xexeame, bena amesiame, si xɔa dzinye sena la, mano viviti me o.


Elabena nenema Aƒetɔ la de se na mí bena: „Meɖo wò nanye trɔ̃subɔlawo ƒe kekeli, bena nanye xɔxɔ hena anyigba ƒe seƒe ke.“


Eyaŋuti la wogblɔ be: Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo ahlẽ ɖe dziwò!


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gãa ɖe, eye amesiwo na ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.“


bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le lãme kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa.


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.


Miawoe nye xexeame ƒe kekeli Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite