Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 9:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe míenye ŋkuagbãtɔwo la, ne nuvɔ̃ mele mia ŋu o; ke azɔ la miele gbɔgblɔm bena: Miele nu kpɔm; eyata miaƒe nuvɔ̃ la tsi anyi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne mienye ŋkuagbãtɔwo la, womabu fɔ mi be miewɔ nu vɔ̃ o, gake esi miebe yewole nu kpɔm la, miaƒe nu vɔ̃wo anɔ mia dzi.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 9:41
9 Referans Kwoze  

Baba na amesiwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋku me.


Mele egblɔm na mi bena: Amesia la wotso afia nɛ, eye wòtre aƒemeyiyi na ame keme; elabena amesiame, si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi; ke amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o,


Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.


Ke wò la egblɔ be, yemeɖi tɔ o, eƒe dɔmedzoe fa ɖe ye ŋu vava! Kpɔ ɖa, mía kpli wò miaɖi ʋɔnu, le esi negblɔ be, yemewɔ nuvɔ̃ o la ta.


Eye dɔla ma, si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, eye medzrae do alo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la, woaƒoe geɖe;


Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite