38 Ke egblɔ bena: Aƒetɔ, mexɔe se; eye wòdze klo ɖe ta agu nɛ
38 Ŋutsu la gblɔ be, “Aƒetɔ, mexɔe se,” eye wòsubɔe.
Eye kpɔ ɖa, Yesu va kpe wo gblɔ bena: Miɖo aƒe! Eye wote ɖe eŋu lé eƒe afɔwo hedze klo nɛ.
Ke amesiwo le ʋua me la, dze klo nɛ gblɔ bena: Mawuvi nenye vavã.
Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!
Eye esi wodze klo de ta agu nɛ la, wogbugbɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ gã;
Eye esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke amea ɖewo ke ɖi.
Nyɔnuvi, see, kpɔ nu, eye naƒu to anyi, wò ŋku nedzo le wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe dzi,
Migbugbɔ nu na via, be megado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!
Eye kpɔ ɖa, anyidzelaa ɖe va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, ate ŋu ana ŋutinye nakɔ.
Eye Yesu gblɔ bena: Nye la ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexe sia me ɖo, bena amesiwo mele nu kpɔm o la, ne woakpɔ nu, eye amesiwo le nu kpɔm la, ne woazu ŋkuagbãtɔwo?