Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 9:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Azɔ wògagblɔ na ŋkuagbãtɔ la bena: Wò la, esi woʋu ŋkuwo na wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã? Eye wògblɔ bena: Nyagblɔɖila wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Mlɔeba la, wogatrɔ ɖe ŋkuagbãtɔ la ŋu hebiae be, “Ame ka ƒomevi nèbu be enye? Wòe wòʋu ŋku na.” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Nyagblɔɖila wònye.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 9:17
9 Referans Kwoze  

Azɔ esi ameawo kpɔ dzesi, si wowu la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, medze sii bena, nyagblɔɖila nènye.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Egblɔ na wo bena: Ka wòe? Eye woɖo ŋu nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutinyae, amesi nye nyagblɔɖila ŋusẽtɔ le nuwɔwɔ kple nyagbɔgblɔ me le Mawu kple dukɔ la ƒe ŋku me;


Eye amehawo gblɔ bena: Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.


Yehowa, wò Mawu, le nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene, ame sia miaɖe toe!


Tete farisitɔwo hã gabiae, alesi wòwɔ hafi kpɔ nu. Eye wògblɔ na wo bena: Anyi wòtso heɖo nye ŋkuwo dzi, eye mele tsi, eye mele nu kpɔm.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite