Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye esi wosee la, woƒe dzi tsi nya na wo, ave wodo go ɖekaɖeka hedze egɔme tso xoxoawo dzi vaseɖe ɖevitɔwo dzi, eye wogblẽ Yesu ɖeka ɖi kple nyɔnu la le afisi wòle la, le titina.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Esi wose nya sia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnu la koe susɔ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:9
22 Referans Kwoze  

abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom, alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã,


Elabena ele ŋku dzi na wò be, wò hã edo ɖiŋu na ame bubuwo zi geɖewo.


elabena ne míaƒe dzi bu fɔ mí hẽ la, Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.


Wò amesi gblɔ bena, womegawɔ ahasi o la, wòe wɔ ahasia? Wò amesi nyɔ ŋu trɔ̃wo la, wòe ha trɔ̃subɔƒenuwo mahã?


Eye esi Yesu fɔ kɔ te, eye mekpɔ amea ɖeke o negbe nyɔnua ko la, egblɔ nɛ bena: Nyɔnu, afika amesiwo le nuwò tsom la le? Ɖe amea ɖeke mebu fɔ wò o mahã?


Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


Eye esi wògblɔ esiawo la, ŋukpe lé eƒe adikãtɔwo katã, eye ameha la katã kpɔ dzidzɔ le ŋutikɔkɔedɔ, siwo katã wòwɔ la ŋuti.


Ŋu nekpe amesiwo lé fu nye luʋɔ la, eye wo nu neyi; vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la!


Nusiawo wɔm nèle, eye mezi kpi; eyata nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene. Maka mo na wò, eye matsɔe aɖo ŋkuwò me!


Yehowa, nedze ŋuwò naɖem; Yehowa, netsɔ naxɔ nam!


Dziƒo aklo nu le eƒe vodada dzi, eye anyigba atso ɖe eŋu.


Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Eye fia la gblɔ na Simei be: Wò ŋutɔ ènya vɔ, siwo katã nèwɔ ɖe fofonye Dawid ŋu, eye wò dzi nyae. Yehowa agbugbɔ wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la ava wò ta dzi.


Eye le ŋdikanya la egava mawuƒe la me, eye ameha la katã va egbɔ, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, efiã nu wo.


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo kplɔ nyɔnua ɖe, si wolé le ahasiwɔwɔ me la, va egbɔ, eye wotsɔe ɖo titina


Eye wògado dɔgɔ̃e hetsɔ eƒe asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite