Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:54 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

54 Yesu ɖo ŋu bena: Nenye ɖe mekafu ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o; Fofonye li, amesi miawo miele gbɔgblɔm bena, enye miaƒe Mawu la, eyae le kafuyem.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

54 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o. Fofonye, ame si miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:54
28 Referans Kwoze  

Ke nye la nyemedia nye kafukafu o; amea de li, si le edim, eye wòle ʋɔnu drɔ̃m.


Anyitsi geɖe nono menyo o; ke nya sesẽwo me dzodzro enye bubu.


Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu Fofo la gbɔ, esime nenem gbe sia ɖi tso ŋutikɔkɔe gã nyui la me va egbɔ bena: „Amesia nye Vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye!“


Elabena menye amesi tsia eɖokui la, nye ame nyui o, ke boŋ amesi Aƒetɔ la kafuna lae.


Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.


Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò.


Miele mia fofo la ƒe nuwɔnawo wɔm. Wogblɔ ne bena: Miawo la menye ahasiviwo míenye o; fofo ɖekae li na mí, eyae nye Mawu.


Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu: ke amesi le amesi ɖoe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ, eye nu madzɔmadzɔ mele eyama me o.


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Eye azɔ wò hã, Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.


Ke egblɔ esia le Gbɔgbɔ la ŋuti, esi amesiwo le edzi xam le sesem la, laxɔ; elabena Gbɔgbɔ la meli haɖe o, le esi womekɔ Yesu ŋuti haɖe o la ta.


Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o.


Esia nye Yesu ƒe dzesiwo ƒe gɔmetoto, si wòwɔ le Kana le Galilea, eye wòɖe eƒe ŋutikɔkɔe la ɖe go fia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.


Eye wògblɔ bena: Tsɔ ŋkɔ nɛ be „Manyenyedukɔe“, elabena menye nye dukɔ mienye o, eye nye hã nyemanye mia lɔ o.


Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: „Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ“ la, ŋukpe alé wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite