Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Nukaŋuti miele si dzem nye nuƒoƒo oa? Elabena miate ŋu ase nye nya la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

43 Nu ka ta miele nye nyawo gɔme sem o ɖo? Elabena mieɖoa to nye nyawo o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:43
18 Referans Kwoze  

Nye la meva le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi, eye miele xɔyem o; ɖe ame bubu lava le ye ŋutɔ ƒe ŋkɔa dzi la, ne eya xɔ ge miala.


Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.


Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.


Azɔ eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo, esi wose esia la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?


Womenyae bena, eƒo nu na wo le Fofo la ŋuti o.


Ameka maƒo nu na, eye maɖi ɖase na, be woasee? Kpɔ ɖa, woƒe to meŋɔ, ne woalé to ɖe nya ŋu o. Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya zu alɔmeɖenu na wo, eƒe nu medze wo ŋu o.


Nu vɔ̃ɖi wɔlawo mesea nu dzɔdzɔe wɔwɔ gɔme o, ke amesiwo dia Yehowa la, sea nuwo katã gɔme.


Womenyaa nu o, eye womedzea si nu o, elabena woƒe ŋku nye tre mele nu kpɔm o, eye woƒe dzi mele nu gɔme sem o.


Eye wògblɔ bena: Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke mígase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o.


Ke womenyaa Yehowa ƒe: susuwo o, eye womedzea si eƒe tameɖoɖowo be, eli kɔ wo abe lubabla ɖe lugbɔƒe ene o.


Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.


Amea ɖeke meli, si nya nu o, amea ɖeke meli, si biaa Mawu ta sena o!


elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.


Woɖo ŋu nɛ bena: Abraham ƒomeawo míenye, eye míenye amea ɖeke ƒe kluvi kpɔ o: aleke wɔ nagblɔ bena: Miazu ablɔɖeviwo mahã?


Woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Mia fofoe nye Abraham. Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe Abraham viwo mienye la, ne miawɔ Abraham ƒe dɔwɔwɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite