Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Mia fofoe nye Abraham. Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe Abraham viwo mienye la, ne miawɔ Abraham ƒe dɔwɔwɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

39 Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu gblɔ be, “Gbeɖe! Ɖe mienye Abraham ƒe viwo la, ne miawɔ nu si Abraham wɔ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:39
13 Referans Kwoze  

Eyata midze sii bena, amesiwo tso xɔse me la, woawo koe nye Abraham-viwo.


eye hã la menye Abraham ƒomewo katãe nye viwo o, hafi „le Isak me woayɔ ƒome ana wò“ boŋ:


Menyae bena, Abraham ƒomea wo mienye; gake miedi be, yewoawum, elabena nye nya la mexɔ dzi na mi o.


bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.


eye migabu ne miagblɔ le mia ɖokui me bena: Abraham enye mia fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso keke kpe siawo me ke na Abraham.


Ke ne míenye Kristo ta la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo míenye le ŋugbedodo la nu.


Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la,


bene wòanye fofo na aʋatsotsotɔwo hã, amesiwo metso aʋatsotso me ɖeɖeko o, hafi amesiwo zɔna le mía fofo Abraham ƒe xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la ƒe afɔtoƒewo me la boŋ.


Woɖo ŋu nɛ bena: Abraham ƒomeawo míenye, eye míenye amea ɖeke ƒe kluvi kpɔ o: aleke wɔ nagblɔ bena: Miazu ablɔɖeviwo mahã?


Nukaŋuti miele si dzem nye nuƒoƒo oa? Elabena miate ŋu ase nye nya la o.


Mia fofo Abraham dzɔ dzi be, yeakpɔ nye ŋkeke la, eye wòkpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite