Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Nye lã nusiwo ke mekpɔ le Fofonye gbɔ la, eya megblɔna, eye miawo hã nusiwo miese tso: mia fofo gbɔ la, eya miewɔna.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Nu siwo gblɔm mele na mi la nye esiwo teƒe mekpɔ le Fofonye gbɔ, gake miawo la, miewɔna ɖe nya si mia fofo gblɔ la dzi.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:38
12 Referans Kwoze  

Tete Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o; elabena nusiwo ke wɔm eyama le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Miele mia fofo la ƒe nuwɔnawo wɔm. Wogblɔ ne bena: Miawo la menye ahasiviwo míenye o; fofo ɖekae li na mí, eyae nye Mawu.


Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; abe alesi mesena la, nenema ŋu medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Amesi mele lɔ̃yem o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o, eve nya, si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo, si dɔm ɖa la tɔe.


Ɖe mèxɔe se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye o mahã? Nya, siwo gblɔm mele na mi la, nyemegblɔ wo le ɖokuinye si o, ke Fofo, si nɔ menye la, le eƒe dowo wɔm.


Nu geɖewo le asinye, be magblɔ, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mia ŋuti; ke amesi dɔm ɖa la, enye nyateƒetɔ, eye nusiwo nye hã mese le egbɔ la, nu mawo ke megblɔna na xexeame.


Nusi wòkpɔ kple nusi wòse la, eya ŋuti wòɖia ɖase lena, eye amea ɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖi la o.


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite