Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 8:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye le ŋdikanya la egava mawuƒe la me, eye ameha la katã va egbɔ, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, efiã nu wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Le fɔŋli la, egatrɔ yi gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu, eye wònɔ anyi hefia nu wo.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 8:2
14 Referans Kwoze  

Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


Ke le ŋkeke me la ebaa nu le mawuƒe la me, eye le zã me la edoa go yina ɖadɔa to, si woyɔna be Amito la dzi.


Eye esi wòtu agbalẽa la, etsɔe na dɔla la, eye wòbɔbɔ nɔ anyi, eye amesiwo katã le ƒuƒoƒea la, fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii.


Eye esi woge ɖe ʋu ɖeka, si enye Simon tɔ me la, eɖe kuku nɛ be, wòatee ayii atso go ŋu ʋee. Eye esi wòbɔbɔ nɔ ʋua me la, efiã nu ɖo ɖe amehawo.


Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Eye meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã de mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Migawɔ ŋunyɔnu sia, si melé fui la o.


Yehowa ƒe gbe va nam tso Yuda-fia Yosiya, Amon vi ƒe ƒe wuietɔ̃lia dzi vaseɖe egbe, ƒe blave vo etɔ̃ sɔŋ nye esi, eye meƒo nu kpli mi ɖaa atraɖi; ke mieɖo to o.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Wotrɔ ʋume dem, eye menye ŋku me o, womeɖo to o, eye wodo toku ameɖeɖe, evɔ wònye wòfiã nu wo ɖaa atraɖi hafi.


Eye dukɔ la katã vaa egbe ŋdikanya le mawuƒe la me, be yewoaɖo toe.


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo kplɔ nyɔnua ɖe, si wolé le ahasiwɔwɔ me la, va egbɔ, eye wotsɔe ɖo titina


Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite