Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔ wo vɔ̃ɖi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Miawo la, xexea me tɔwo mate ŋu alé fu mi o, ke nye la, wolé fum, elabena megblɔna na wo be woƒe nuwɔnawo nye nu vɔ̃ɖi.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 7:7
27 Referans Kwoze  

Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.


Esi megblɔ nyateƒe na mi la, eyata mezu miaƒe futɔ mahã?


Woawo la xexeame wotso, eyata woƒoa xexeame ƒe nu, eye xexeame ɖoa to wo.


Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.


Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.


eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o.


Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.


Elabena ne mebe, maƒo nu ɣesiaɣi la, ele be, manɔ ɣli dom, eye manɔ boblo dom nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple ŋutasesẽ; elabena Yehowa ƒe nya zu dzu kple vlododo nam ŋkeke blibo la.


Ke amesiwo dam ƒu la, wowɔ nu vevi wo ɖokui; amesiwo katã lé dim la, ku lɔ̃m wole.


Baba na mi, ne amewo katã aƒo nu nyuie le mía ŋuti; elabena nenema ke wo fofowo wo na aʋatsonyagblɔɖilawo.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


amesiwo tsɔa nya blea amewo dea nuvɔ̃ me le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, wotrea mɔ̃ na nyadrɔ̃la le ʋɔnu, eye wotsɔa alakpadada ƒua ame dzɔdzɔe anyi.


Fewuɖula melɔ̃na be, woagbe nya na ye o, eye meyia nunyalawo gbɔ o.


Israel-fia ɖo eŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, amesi gbɔ wobiaa nu Yehowa le, ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko, eya nye Mixa, Yimla vi. Ke Yosafat gblɔ bena: Fia meganɔ nu ƒom alea o.


Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam kple fuléle ɖo nye lɔlɔ̃ teƒe.


Eye ne nunɔla la kpɔ bena, eŋu ɖo loholoho ɣie, eye fuawo trɔ zu ɣie, alo adzu ɖo loholoho la me la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite