44 Ke wo dometɔa ɖewo ɖi be, yewoalée; gake amea ɖeke meɖo asi ɖe egbɔ o.
44 Ame aɖewo di vevie be yewoalée, gake wo dometɔ aɖeke meka asi eŋu o.
Tete wodi bena, yewoalée, eye amea ɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.
Eye le ŋkeke, si dze eyome ƒe zã me la, Aƒetɔ la le tsitre ɖe egbɔ gblɔ bena: Wo dzi nèdze me; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.
Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.
elabena nye la meli kpli wò, eye amea ɖeke maɖo ɖe dziwò be, yeawɔ vɔ̃a ɖeke wò o; elabena ame geɖe le asinye le du sia me.
Ke esi farisitɔwo do go la, wode adaŋu le eŋuti, alesi woawɔ awui.