43 Ale ameha la dome ma le eyama ta.
43 Ale mama ɖo ameawo dome ɖe Yesu ta.
Tete mamã gaɖo Yudatɔwo dome le nya siawo ta.
Tete farisitɔwo dome ɖewo gblɔ bena: Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o. Bubuwo gblɔ bena: Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã? Eye mamã ɖo wo dome.
Eye liʋiliʋilili sɔ gbɔ le amehawo dome le eŋuti; ɖewo gblɔ bena: Ame nyui wònye; bubuwo gblɔ bena: Ɖabi, ke boŋ eflu ameha la.
Ke duametɔwo ma, ɖewo de Yudatɔwo dzi, eye bubuwo le apostolowo dzi.
Miebu xa bena, ŋutifafa na ge meva le anyigba dzi mahã? Kpao, mele egblɔm na mi bena, memamã boŋ ye;
Elabena meva ame kple fofoa, vinyɔnuvi kple dadaa, ŋutsuvi srɔ̃ kple lɔ̃xoa dome mã ge;