Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 7:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Nya ka ƒomevi gɔ̃e nye esia, si wògblɔ bena: Miadim, eye miakpɔm o, eye afisi nye la mele la, miawo la miate ŋu ava o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 Nu ka tututu wòwɔnɛ, esi wògblɔ be, ‘Miadim, gake miakpɔm o,’ eye ‘Miate ŋu ava afi si meyi la o.’ ”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 7:36
11 Referans Kwoze  

Nikodemo xɔ dzi gblɔ ne bena: Aleke esiawo ate ŋu ava me mahã?


Miadim, eye miakpɔm o, eye afisi nye la mele la, miawo la miate ŋu ava o.


Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.


Tete ameha la xɔ edzi nɛ bena: Miawo la miese le se la me bena, Kristo anɔ anyi vaseɖe mavɔmavɔ me, eye wò la, aleke gblɔm nèle bena, ele be, wòakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi mahã? Amekae nye nenem Amegbetɔvi sia?


Azɔ eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo, esi wose esia la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?


Azɔ Yudatɔwo he nya le wo nɔewo dome gblɔ bena: Aleke amesia ate ŋu ana eƒe ŋutilã mí, be míaɖu mahã?


Tete Yudatɔwo li liʋiliʋi le eŋuti; elabena egblɔ bena: Nyee nye abolo, si di tso dziƒo va.


Nikodemo gblɔ nɛ bena: Aleke lawo woadzi amesi ku amegã mahã? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dome zi evelia, be woagadzia?


Azɔ egagblɔ na wo bena: Nye la mele dzodzo ge, eye miadim, eye miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃ la me afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o.


Vinyewo, ɣeyiɣi via ɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite