Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 7:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Migatrɔ̃ ʋɔnu le dzedze nu o; ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye miadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 7:24
17 Referans Kwoze  

Ke ne miele ame ŋku me kpɔm la, miewɔ nuvɔ̃, eye se la ƒoe ɖe mia nu miedze sii be, sedzidalawo míenye.


Miawo la ŋutilã nu miedrɔ̃a ʋɔnu ɖo, nye la nyemedrɔ̃a ʋɔnu amea ɖeke o.


Nɔvinyewo, migatsɔ ame ŋkumekpɔkpɔ lé Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, tsi nye ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la, ƒe dzixɔse me ɖe asi o.


Nya siawo hã tso nunyalawo gbɔ. Ame dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.


Amesi tso afia nyui na ame vɔ̃ɖi kple amesi bu fɔ ame dzɔdzɔe la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye na Yehowa.


ɖe miede vovo amewo dome le mia ɖokui me, eye miezu tamesusu vɔ̃wo ʋɔnudrɔ̃lawo o mahã?


Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Mígade ame dahe dzi o, eye migakpɔ amegãwo ŋku me o; ke boŋ mídrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo ɖe teƒe.


Amesiwo xɔa zãnu hetsona na ame vɔ̃ɖiwo, eye wodaa adzo nya dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔewo si.


Ɣekayi miadrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ ase do, eye miade ame vɔ̃ɖi la dzi? Sela.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ!


Tete Yerusalemtɔa ɖewo gblɔ bena: Alo menye esiae nye amesi wodi be, yewoawu o mahã?


Ɖe miekpɔa nusiwo le ŋku me la ɖa? Ne amea ɖe ɖoa ŋu ɖe eɖokui ŋu bena, Kristo to yenye la, ekema eyama nagasusu esia hã le eɖokui me bena, alesi ke ye ŋutɔ nye Kristo tɔ la, nenema ke míawo hã míenye eto.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite