Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 7:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ne wotso aʋa na ame le Sabat dzi, bena woagada Mose ƒe sea dzi o la, nukaŋuti miele dɔmedzoe dom ɖe ŋutinye, elabena mena ame blibo la ƒe lãme sẽ le Sabat dzi mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Azɔ la, nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Dzudzɔgbe dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ta miele dɔmedzoe dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Dzudzɔgbe dzi?

Gade chapit la Kopi




Yohanes 7:23
9 Referans Kwoze  

Alo miexlẽ le se la me kpɔ bena, nunɔlawo gblẽa Sabat-kɔ ɖo le mawuxɔa me, eye nuvɔ̃ mele wo ŋu o oa?


Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò nusrɔ̃lawo wɔ nusi mele sekɔa nu o la, le Sabat dzi.


Miɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, elabena nu kokoe wònye na mi. Amesi agblẽ ko ɖo nɛ la, woawui, eye amesiame, si awɔ dɔ le edzi lã, woatsrɔ̃ eƒe agbe ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


eye kpɔ ɖa, amea ɖe li, eye titi lé asi nɛ. Eye wobiae bena: Ɖe wòle se la nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã? bena woatso enu.


Eyaŋuti Yudatɔwo gblɔ na amesi ŋu woda gbe le la bena: Egbee nye Sabat, eye womeɖe mɔ na wò be, natsɔ wò aba o.


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Dɔ ɖeka ko mewɔ, eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa.


Tete farisitɔwo dome ɖewo gblɔ bena: Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o. Bubuwo gblɔ bena: Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã? Eye mamã ɖo wo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite