Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 7:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Alo menye Mose ye na se la mi oa, eye mia dometɔa ɖeke mewo se la dzi o; nukaŋuti miele didim be, mia wum mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ɖe Mose metsɔ seawo na mi oa? Gake mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o. Ke nu ka ta miedi be yewoawum ɖo?”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 7:19
27 Referans Kwoze  

Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Azɔ tso ŋkeke ma dzi la wodo bena, yewoawui.


Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo ɖi be, yewoawui ta.


Ke esi farisitɔwo do go la, wode adaŋu le eŋuti, alesi woawɔ awui.


Elabena amesiwo wotso aʋa na ŋutɔ hã, melé se la me ɖe asi o, ke boŋ wole didim be, miana yewoatso aʋa na mi, bene yewoaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã me.


See Mose ɖe na mi, si nye Yakob-ha la ƒe domenyinu.


Migakpɔ ame ŋku me le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, ke boŋ milé to ɖe ame gblɔewo kple ame gãwo ƒe nyawo ŋu, eye migasi amea ɖeke ŋku me o, elabena Yehowa tɔ enye ʋɔnudɔdrɔ̃; ke ne nyaa ɖe sesẽ na mi akpa la, ekema mitsɔe va gbɔnye, ne mase.


Azɔ la, nuka ta se la li ɖo? Vodadawo ŋuti wotsɔe kpe ɖe eŋuti, vaseɖe ɣeyiɣi, si dzi ƒome, si ŋugbe wodo ɖi la ava, eye woto mawudɔlawo dzi ɖoe anyi to avuléla si me.


Eyae nye amesi no ha la dome le gbedzi kple mawudɔla la, esi wòƒo nu ne le Sinai-to ta ŋuti kple mia fofowo, amesi xɔ agbenyawo be, yeana mí;


Tete wogadi bena, yewoalée, ke edo le wo si me heyi.


Tete Yerusalemtɔa ɖewo gblɔ bena: Alo menye esiae nye amesi wodi be, yewoawu o mahã?


Migasusu bena, nye la matso mia nu na Fofo la o; amea ɖe li, si tsoa mia nu, eyae nye Mose, amesi dzi mietsɔ miaƒe nukpɔkpɔ ɖo.


Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu.


Eye le esia ta Yudatɔwo ti Yesu yome, eye wodi be, yewoawui; elabena ewo nusia le Sabat dzi.


Tete farisitɔwo do go enumake kple Herodiahawo, eye wode adaŋu le eyama ŋuti, alesi woawɔ awui.


Eye wòbia wo bena: Ɖe woɖe mo bena, woawo nu nyui alo woawo nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe ame, alo woawui mahã? Ke woawo zi kpi.


Ke esi agbledelawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Domenyila enye esi; miva, ne miawui, ne míaxɔ eƒe domenyinyi.


Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo see, eye wodi, alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃e; elabena kuvia ɖo ameha blibo la katã le eƒe nufiafia la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite