Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 7:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke esi ŋkekenyuie la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wòfiã nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Esi ŋkekenyui la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi nufiafia amewo me.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 7:14
16 Referans Kwoze  

Azɔ Yesu do ɣli le mawuƒe la me hele nu fiãm, eye wòle gbɔgblɔm bena: Ẽ, mienyam, eye mienya afisi metso, eye nyemeva le nye ŋuta ɖokuinye si o, ke nyateƒetɔa ɖe li, amesi dɔm ɖa, amesi miawo mienyã o.


Eye wòle nu fiãm le mawuƒe la me gbesiagbe. Ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo di be, yewoawui;


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Eye le ŋdikanya la egava mawuƒe la me, eye ameha la katã va egbɔ, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, efiã nu wo.


Ke le ŋkeke mamletɔ, si nye ŋkekenyuie gatɔ dzi la, Yesu le tsitre, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, neva gbɔnye, eye wòano tsi.


Ke Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuie, si nye agbadɔŋkekenyuie la ɖo.


Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.


Le gaƒoƒo ma dzi Yesu gblɔ na amehawo bena: Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbãwotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiãm, eye mielém kpɔ o.


Eye Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem le mawuƒea me la ɖo go, eye wòmũ ga ɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le akpakpa dzram la ƒe zikpui wo ƒu anyi;


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Miawu nyitsu wuieve, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, le ŋkeke evelia dzi.


Eye miawu nyitsu wuiɖekɛ, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo la, le ŋkeke etɔ̃lia dzi,


Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite