Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 7:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye liʋiliʋilili sɔ gbɔ le amehawo dome le eŋuti; ɖewo gblɔ bena: Ame nyui wònye; bubuwo gblɔ bena: Ɖabi, ke boŋ eflu ameha la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le amehawo dome. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame nyui.” Ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔ wònye le amewo flum.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 7:12
20 Referans Kwoze  

Tete farisitɔwo dome ɖewo gblɔ bena: Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o. Bubuwo gblɔ bena: Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã? Eye mamã ɖo wo dome.


Tete farisitɔwo xɔ dzi na wo bena: Alo ɖe wòflu miawo hã mahã?


Farisitɔwo se alesi amewo le nusiawo ƒe liʋiliʋi lim le eŋuti. Eye farisitɔwo kple nunɔlagãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa, bene woaɖalée.


Miwo nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee,


Elabena bebli hafi amea ɖe aku ɖe ame dzɔdzɔea ɖe ta; ame nyui la, ɖewohĩ amea ɖe ado dzi aku ɖe eta.


Elabena ame nyui wònye, eye wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple xɔse; eye wotsɔ ameha gãa ɖe kpe ɖe Aƒetɔ la ŋu.


Woɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Alo wò hã Galileatɔ nènye mahã? Dzro me, eye nakpɔ bena, nyagblɔɖilaa ɖeke metsi tre tso Galilea kpɔ o.


Azɔ esi ameawo kpɔ dzesi, si wowu la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.


Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si ŋkɔ enye Yosef, amesi nye adaŋudela kple ame nyui kple ame dzɔdzɔe,


Eye esi asrafowo dzikpɔla kpɔ nusiwo va dzɔ la, ekafu Mawu gblɔ bena: Vavã amesia nye ame dzɔdzɔe.


Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem be nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.


Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.


Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si, ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.


Aƒetɔ, mieɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre.


Eye wole didim be, yewoalée, ke woyɔ̃ ameha la, elabena wobunɛ abe nyagblɔɖila ene.


Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite