Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ɖekakpuia ɖe le afii, eye lubolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le esi; gake nuka wònye na ame geɖe siawo mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Ŋutsuvi aɖe le afi sia si si lubolo sue atɔ̃ kple tɔmelã meme eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:9
24 Referans Kwoze  

Ke egblɔ na wo bena: Miawo la mina nu wo, ne woaɖu. Eye wogblɔ bena: Naneke mele mia si wu abolo atɔ̃ kple tomelã eve o; negbe ɖeko míayi aɖa ƒle nuɖuɖu na ameha sia katã.


Eye wògblɔ na wo bena: Abolo nenie le mia si mahã? Miyi ɖakpɔe ɖa. Eye esi wonyae la, wogblɔ bena: Wo ame atɔ kple tɔmelã eve.


Eye wogblɔ ne bena: Naneke mele mía si le afisia o, negbe abolo atɔ kple tɔmelã eve ko.


eye woƒo nu ɖe Mawu ŋu gblɔ bena: Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ de gbedzi loo?


Alo ɖe miedze si nu kpɔ oa? Eye mieɖo ŋku ame akpe atɔ̃ la ƒe abolo atɔ̃ dzi kple kevi alesi nu mielɔ o mahã?


bena meŋe abolo atɔ̃ me hemã ɖe ame akpe atɔ̃ dome, eye abolo kakɛawo la kevi nenie miefɔ mahã? Wogblɔ nɛ be: Wo ame wuieve.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


eya, amesi na wò liƒowo ŋu fa, eye wòtsɔ lu ʋaʋã ɖi ƒoe na wò.


anye ne Yehowa ƒe adikãtɔwo avivi nu me na wo, eye woƒe ɣeyiɣi anɔ anyi tegbee;


anyigba, si dzi lu kple mɔli, weinkawo, gbotiwo kple yevuboɖatiwo le, anyigba, si dzi amitiwo kple anyitsi le,


Eye mese gbea ɖe, abe nu gbagbe eneawo dome wòɖi le ene hele gbɔgblɔm bena: Lu dzidzenu ɖeka naxa denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka, eye megawɔ vɔ̃a ɖeke ami kple wein o.


Azɔ esi Maria va afisi Yesu le, eye wokpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.


Tete la Marta gblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.


Filipo ɖo ŋu nɛ bena: Abolo denario alafa eve hã mele wo nu ɖe ge, bena wo dome ɖesiaɖe naxa via ɖe o.


Yuda kple Israel tsa asi kpli wò; wotsɔ Minitɔwo ƒe lu, ƒo, anyitsi, ami kple lili ƒle wò adzɔnuwoe.


Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa, eye wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


Tete Elisa gblɔ bena: Se Yehowa ƒe gbe! Ale Yehowa gblɔ esi: Etsɔ wɔale siawo la wɔ memee dzidzenu ɖeka axɔ sekel ɖeka, eye lu dzidzenu eve axɔ sekel ɖeka le Samaria ƒe agbo nu.


Ena nyinotsi kpekẽ kple alẽnotsii hekpe ɖe alẽviwo kple agbowo, Basan-nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe amiwo ŋu. Ena bli dokuwoe, eye wòna wein nyuitɔe wòno.


Eye Yesu tsa aboloawo heda akpe le wo ta, eye wòtso wo na amesiwo le anyinɔƒe; nenema ke hã wòna tɔmelã memee wo geɖe alesi nu dim wole.


Eye esi woɖi go la, wokpɔ akadzo le afima, eye lã kple abolo le edzi.


Yesu gblɔ na wo bena: Mitso lã, si mieɖe fifia la, ƒe ɖe vɛ.


Yesu va, eye wòtsɔ abolo la na wo kple lã la hã nenema ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite