Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:64 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

64 Ke amea ɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o. Elabena Yesu nya tso gɔmedzedzea me wo amesiwo mexɔ edzi se o kple amesi le eyome mɔ fia ge.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

64 Gake mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o, kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:64
20 Referans Kwoze  

Ke miawo miele exɔm le sesem o: elabena miawo míenye nye alẽwo dometɔwo o, abe alesi megblɔ na mi ene.


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Ke esi Yesu nya le ye ŋutɔ ɖokui me bena, eƒe nusrɔlawo le liʋiliʋi lim le esia ŋuti la, egblɔ na wo bena: Alo ɖe esia le nu ɖiam na mi mahã?


Gake menya mi bena, Mawu ƒe lɔlɔ̃ la mele mia ŋutɔwo mia ɖokui me o.


wònya tso keke blema ke la wɔm.“


Tso esia dzi la eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo de megbe, eye womegazɔna kpakplii o.


Gake megblɔe na mi bena, miekpɔm, eye miexɔm se o.


Eye mienyae o, gake nye la menyae, eye ne megblɔ bena, nyemenyae o la, ekema manye aʋatsokala abe miawo ke ene; gake menyae, eye medzra eƒe nya la ɖo.


Eye wògblɔ na wo bena: Miawo lã anyigba mietso, ke nye la dziƒo metso; miawo la xexe sia me mietso, nye la nyemetso xexe sia me o:


Simon Kanatɔ kple Yuda Iskariot, si fia eyome mɔ la hã.


Azɔ eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo, esi wose esia la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?


Ke esi Yesu nya nusiwo katã le edzi va ge la, edo go, eye wògblɔ na wo bena: Ameka dim miele?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite