Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke egblɔ esia, be wòadoe akpɔ; elabena eya ŋutɔ nya nusi wɔ ge wòala.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yesu bia nya sia be yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:6
8 Referans Kwoze  

Le nya siawo megbe la Mawu do Abraham kpɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Abraham! Eɖo ŋu nɛ bena: Nye enye si!


Negbe esi wodɔ Babel-amegãwo ƒe ame dɔdɔwo do ɖee, be woabia nukunu, siwo dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ko Mawu gblẽe ɖi, be yeadoe akpɔ, ne yeanya nusiwo katã le eƒe dzi me.


eye dzesi alo nukunu, si wògblɔ la, va me, emegbe wògblɔ be, mina miadze mawu bubu, siwo mienyã o yome, eye miasubɔ wo la,


amesi tso mana, si mia kple fofowòwo mienyã o la, nyro wò le gbeadzi, ne woabɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòado wò akpɔ, be wòava wo nu nyui na wò emegbe la be o.


Eye wògblɔ le Lewi ŋu bena: Wò Tumim kple Urim enye wò ame kɔkɔe la tɔ. Amesi nete kpɔ le Masa, eye nèwɔ dzre kplii le dzrewɔtsia gbɔ.


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ! Alo ɖe miedze si mia ɖokui bena, Yesu Kristo le mia me oa? Negbe ɖeko mieli ke o.


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, eye nèɖo amesiwo gblɔna be, yewonye apostolowo, eye womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be, aʋatsokalawo wonye,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite