55 Elabena nye ŋutilã enye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu enye nunono vavã.
55 Elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã.
Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.
Tete Yesu gblɔ na Yudatɔ, siwo xɔ edzi se la bena: Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye,
Eyata ne Vi ɖa wɔ mi ablɔɖeviwo la, ekema m anye ablɔɖeviwo vavã.
Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Menye Mose ye na abolo, si tso dziƒo la mi o, ke boŋ Fofonyee na abolo vavã mi tso dziƒo.
Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la, li gbɔna ɖe xexea me.
amesi nye kɔkɔeƒe kple agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla.
Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.
Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.
Ame geɖewo le gbɔgblɔm be: Ameka ana míakpɔ nu nyui kple ŋku? Oo, Yehowa, na wò ŋku me kekeli naklẽ ɖe mía dzi!
Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wonoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, enɔa menye, eye nye hã menɔa eme.