Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:52 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

52 Azɔ Yudatɔwo he nya le wo nɔewo dome gblɔ bena: Aleke amesia ate ŋu ana eƒe ŋutilã mí, be míaɖu mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

52 Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome ɖe nya si Yesu gblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Aleke ŋutsu sia atsɔ eƒe ŋutilã na mí be míaɖu?”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:52
11 Referans Kwoze  

Tete mamã gaɖo Yudatɔwo dome le nya siawo ta.


Tete farisitɔwo dome ɖewo gblɔ bena: Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o. Bubuwo gblɔ bena: Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã? Eye mamã ɖo wo dome.


Tete Yudatɔwo li liʋiliʋi le eŋuti; elabena egblɔ bena: Nyee nye abolo, si di tso dziƒo va.


Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.


Ke esi wose ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋutinya la, amea ɖewo ɖe alɔme ɖe eŋuti, eye ɖewo gblɔ bena: Míagase ŋutinya sia ɣebubuɣi.


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, tsikunu mele asiwò o, eye vudoa me goglo; afika gɔ̃ nèkpɔ agbetsi la tsoe mahã?


Nikodemo xɔ dzi gblɔ ne bena: Aleke esiawo ate ŋu ava me mahã?


Nikodemo gblɔ nɛ bena: Aleke lawo woadzi amesi ku amegã mahã? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dome zi evelia, be woagadzia?


Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea?


Azɔ eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo, esi wose esia la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite