Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 Menye bena, amea ɖee kpɔ Fofo la kpɔ o, negbe amesi tso Mawu gbɔ la, eyae kpɔ Fofo la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

46 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, negbe ame si tso Mawu gbɔ la koe kpɔ Fofo la.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:46
14 Referans Kwoze  

Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.


Nye la menyae, elabena egbɔ metso, eye eyamae dɔm ɖa.


Eye wòtrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ bena: Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya amesi enye Vi la o, negbe Fofo la ko, kple amesi enye Fofo la o, negbe Vi la ko kple amesi ke Vi la lɔ̃ be, yeaɖee afiae.


Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.


amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.


Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; ne mielɔ̃ mía nɔewo la, ekema Mawu noa mía me, eye eƒe lɔlɔ̃ la zua blibo le mia me.


amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la.


Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.


Eye mienyae o, gake nye la menyae, eye ne megblɔ bena, nyemenyae o la, ekema manye aʋatsokala abe miawo ke ene; gake menyae, eye medzra eƒe nya la ɖo.


Tete wogblɔ nɛ bena: Afika fofowò la le? Yesu ɖo ŋu bena; Mienya mía kple Fofonye o. Ɖe mienyam la, mianya Fofonye hã.


Eye Fofo, si dɔm ɖa la, eyama ɖi ɖase le ŋutinye. Miese eƒe gbe ɣeaɖekeɣi alo kpɔ eƒe nɔnɔme hã kpɔ o.


eye wokpɔ Israel ƒe Mawu la, eƒe afɔgbɔ le abe gbloti, alo abe alesi alilime kɔna keŋkeŋ ene.


Ɖe mienyam la, ne mienya Fofonye hã, eye tso esia dzi la míenyae, eye miekpɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite