Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Tete Yudatɔwo li liʋiliʋi le eŋuti; elabena egblɔ bena: Nyee nye abolo, si di tso dziƒo va.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Azɔ Yudatɔwo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le eŋu, le esi wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:41
14 Referans Kwoze  

Nyee nye agbebolo la.


Elabena Mawu ƒe abolo la enye esi ɖi tso dziƒo va, eye wòna agbe xexeame.


Eye liʋiliʋilili sɔ gbɔ le amehawo dome le eŋuti; ɖewo gblɔ bena: Ame nyui wònye; bubuwo gblɔ bena: Ɖabi, ke boŋ eflu ameha la.


Tso esia dzi la eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo de megbe, eye womegazɔna kpakplii o.


Azɔ eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo, esi wose esia la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?


Amesiawo nye liʋiliʋililawo, amesiwo ŋu naneke medzena o, evɔ wozɔna le woƒe nudzodzrowo nu hafi, woƒe nu gblɔa dadalawo, eye wokafua ame le eƒe ŋku me le viɖe ta.


Esiae nye abolo, si ɖi tso dziƒo va, menye abe esi fofoawo du, eye woku la ene o, amesi ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbetegbe.


Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Migali liʋiliʋi le mia nɔewo dome o.


Eye esi wokpɔe la, wo katã woli liʋiliʋi gblɔ bena: Eyina ŋutsu, si nye nuvɔ̃wɔla gbɔ dze ge.


Eye farisitɔwo kple agbalẽfialawo li liʋiliʋi gblɔ bena: Amesia xɔa nuvɔ̃wɔlawo, eye woɖua nu kpli wo.


Eye farisitɔwo kple woƒe agbalẽfialawo li liʋiliʋi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti gblɔ bena. Nukaŋuti mieɖua nu, eye mienoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Migali liʋiliʋi, abe alesi wo dome amea ɖewo li liʋiliʋi, eye nugblẽla tsrɔ̃ wo ene la o.


Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite