36 Gake megblɔe na mi bena, miekpɔm, eye miexɔm se o.
36 Gake abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, miekpɔm, gake miexɔ dzinye se o.
Ke esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o,
Yesu ɖo ŋu na wo, eye wògblɔ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miele diyem, menye bena, miekpɔ dzesiwo o; ke boŋ bena, mieɖu aboloawo ƒe ɖe, eye míeɖi ƒo.
Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.
Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.
Ke amea ɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o. Elabena Yesu nya tso gɔmedzedzea me wo amesiwo mexɔ edzi se o kple amesi le eyome mɔ fia ge.
Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
Tete wogblɔ nɛ bena: Ekema dzesi ka newɔ, bena míakpɔ, eye miaxɔ dziwò ase mahã? Nuka nèwɔna?
Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.