Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye agbebolo la, amesi vaa gbɔnye la, dɔ mele ewu ge akpɔ o; eye amesi le dzinye xɔm le sesem la, tsikɔ mele ewu ge akpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Yesu gblɔ be, “Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:35
17 Referans Kwoze  

Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.


Tete Yudatɔwo li liʋiliʋi le eŋuti; elabena egblɔ bena: Nyee nye abolo, si di tso dziƒo va.


Dɔ kple tsikɔ mawu wo o, eye ŋdɔ kple ɣe maɖu wo o, elabena wo nuvela le wo kplɔm, eye woakplɔ wo ato tsidzidziwo ŋu.


Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo du ge o;


Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.


Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.


Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi.


Eye wògblɔ bena: Le esia ta megblɔ na mi bena, amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye ɖe wonae tso Fofonye gbɔ o.


eye mielɔ̃ be, miava gbɔnye, bena míakpɔ agbe o.


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, na tsi siam, bena tsikɔ nagawum alo mava afisia tsi du ge o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite