Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Mía fofowo du mana le gbeadzi, abe alesi woŋlɔ di ene bena: „Ena abolo wo tso dziƒo, be woaɖu.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Mía fofowo ɖu mana le gbea dzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo be woaɖu.’ ”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:31
14 Referans Kwoze  

Esi dɔ wu wo la, èna abolo wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi do tso agakpe me na wo, eye nègblɔ na wo be, woade anyigba, si nèdɔ wò alɔ de dzi be, yeatsɔ na wo la dzi axɔe woanye wo tɔ.


Wobia nu, eye wòhe tegliwo va; dziƒobolo wòtsɔ di ƒo na woe.


Mia fofowo ɖu mana le gbeadzi, eye woku.


Eye Israel-viwo ɖu man la ƒe blane, vaseɖe esime wova anyigba, si dzi amewo le dzi, man sɔŋ woɖu, vaseɖe esime woɖo Kanaan-nyigba ƒe liƒowo dzi.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Ena wò gbɔgbɔ nyui la wo, ne wòafia nu wo; mète wò mana le woƒe nu o, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo.


Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.


Eye wo katã woɖu gbɔgbɔ me nuɖuɖu ma ke.


Esiae nye abolo, si ɖi tso dziƒo va, menye abe esi fofoawo du, eye woku la ene o, amesi ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbetegbe.


Eye esi woɖu anyigba dzi agblemenuwo ŋu ke la, mana la nu tso, eye mana ɖeke megali na Israel-viwo o, ke boŋ woɖu Kanaan-nyigba dzi agblemenuwo le ƒe ma me.


Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Menye Mose ye na abolo, si tso dziƒo la mi o, ke boŋ Fofonyee na abolo vavã mi tso dziƒo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite