Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Tete wogblɔ nɛ bena: Ekema dzesi ka newɔ, bena míakpɔ, eye miaxɔ dziwò ase mahã? Nuka nèwɔna?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Tete ameawo biae be, “Nukunu ka nàwɔ míakpɔ be míaxɔ dziwò ase? Nu ka nàwɔ?

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:30
22 Referans Kwoze  

Ke esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o,


Elabena Yudatɔwo biaa dzesiwo, eye Helatɔwo ɖia nunya yome;


Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.


Gake megblɔe na mi bena, miekpɔm, eye miexɔm se o.


Tete Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã?


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


le esi me be, nado wò asi ɖa hena dɔyɔyɔ, eye bena dzesiwo kple nukunuwo nava me to wò dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ dzi.


Kristo, Israel ƒe fia la, azɔ ɖi le atitsoga la ŋuti, bena míakpɔe, eye miaxɔ ase! Eye amesiwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la, woawo hã dzui.


Eye farisitɔwo do go va, eye wode asi nusese me kplii hele dzesi biamii tso dziƒo hele etem kpo.


Amesiwo noa gbɔgblɔm bena: Newɔ kabakaba, neƒo du ɖe eƒe dɔ nu, ne míakpɔe; eye Israel ƒe kɔkɔetɔ la ƒe adaŋudede nete va, ne miadze sii.


Vɔsamlekpui la fe, eye afi la dudu tso vɔsamlekpui la dzi le Mawu ƒe ame ƒe dzesi, si wògblɔ ɖi la nu ɖe Yehowa ƒe nya la nu.


Eye wògblɔ dzesi di gbemagbe bena: Dzesi, si Yehowa gblɔ enye si: Kpɔ ɖa, vɔsamlekpui la afe, eye afi, si le edzi la, aɖuɖu ɖe anyi.


Ne womexɔ wò nya dzi se o, eye womebu dzesi gbãtɔ o la, ekema woaxɔ dzesi evelia dzi ase.


Elabena eƒe nusrɔ̃viwo yi ɖe dua me, be woaƒle nuɖuɖu.


Ne Farao abia nukunua ɖe tso mia si la, ekema gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ da ɖe Farao ƒe ŋku me! eye wòatrɔ zu da gãa ɖe.


Eye ameha gãa ɖe dze eyome, elabena wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ na dɔlélawo.


Azɔ esi ameawo kpɔ dzesi, si wowu la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite