Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.
Elabena mia ŋutɔwoe ɖu mia ɖokui be, mieɖom ɖe Yehowa, mia Mawu la gbɔ gblɔ bena: Ɖe kuku na Yehowa, mía Mawu la, na mí, eye alesi tututu Yehowa, mía Mawu la, agblɔ la, nenema nagblɔ na mi, ne miawo.
Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.