Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Yesu ɖo ŋu na wo, eye wògblɔ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miele diyem, menye bena, miekpɔ dzesiwo o; ke boŋ bena, mieɖu aboloawo ƒe ɖe, eye míeɖi ƒo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye ɖe esi miekpɔ nukunuwo ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi etsɔ la ta.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:26
20 Referans Kwoze  

Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.


elabena wo kalẽ la woa ŋutɔwo tɔ dim wole, eye menye nusi nye Yesu Kristo tɔ o.


Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


kple nyahehe dzodzro vɛ le ame tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le amesiwo buna bena, mawusubɔsubɔ enye viɖenu la dome. Te ɖokuiwò ɖa le nenem me siawo gbɔ.


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


Eye ameha gãa ɖe dze eyome, elabena wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ na dɔlélawo.


ke woƒe dzi meku de eŋu tsehe o, eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o.


Azɔ esi ameha la kpɔ bena, Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo mele afima o la, woa ŋutɔwo ɖo duwo me, eye wova Kapernaum hele Yesu dim.


Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.


Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o.


Ke amea ɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o. Elabena Yesu nya tso gɔmedzedzea me wo amesiwo mexɔ edzi se o kple amesi le eyome mɔ fia ge.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ɖe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbea ɖeke manɔ mia me o.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔe se la, agbe mavɔ le esi.


Tete wogblɔ nɛ bena: Ekema dzesi ka newɔ, bena míakpɔ, eye miaxɔ dziwò ase mahã? Nuka nèwɔna?


Eye esi Yesu dze sii bena, wole vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi de to la dzi.


Azɔ esi ameawo kpɔ dzesi, si wowu la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.


Gake megblɔe na mi bena, miekpɔm, eye miexɔm se o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite