Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 6:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Yesu tsa aboloawo heda akpe le wo ta, eye wòtso wo na amesiwo le anyinɔƒe; nenema ke hã wòna tɔmelã memee wo geɖe alesi nu dim wole.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Yesu tsɔ aboloawo, eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã meme eveawo hã ta, eye wòtsɔe na ameawo.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 6:11
13 Referans Kwoze  

eye ʋu bubuwo tso Tiberia va ɖo afisi medidi tso teƒe, si woɖu abolo, si ta Aƒetɔ la da akpe le la, gbã o.


Mida akpe le nusianu ŋuti; elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le Kristo Yesu me hena mi.


Amesi bua ŋkeke la, ebunɛ na Aƒetɔ la; eye amesi mebua ŋkeke o la. Aƒetɔ lae mebunɛ na o. Amesi ɖua nu la, eɖunɛ na Aƒetɔ la, elabena eda akpe na Mawu; eye amesi meɖua nu o la, Aƒetɔ lae meɖunɛ na o, eye wodaa akpe na Mawu.


eye wotsɔ abolo adre lã kple lãwo, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, eŋe wo me hetsɔ na nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na ameha la.


Eye wòva ve me bena, esi eya kple wo le nuɖuƒe la, etsɔ abolo la, eye esi wòyra ɖe edzi, eye wòŋe eme la, etsɔe na wo.


Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu,


Eye esi wògblɔ esiawo, eye wotsɔ abolo la, eda akpe na Mawu le wo katã ƒe ŋku me, eye wòŋe eme hede asi eɖuɖu me.


Ne miede dua me la, miatui, hafi wòava yi nuɖuƒe le to la dzi; elabena dukɔ la meɖua nu o, vaseɖe esime wòvana va yra vɔsanu la, hafi amesiwo wokpe vɛ la ɖua nu. Eyata miyi, elabena miele etu ge egbea kokoko!


Ɖekakpuia ɖe le afii, eye lubolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le esi; gake nuka wònye na ame geɖe siawo mahã?


Eye esi woɖi go la, wokpɔ akadzo le afima, eye lã kple abolo le edzi.


Yesu gblɔ na wo bena: Mitso lã, si mieɖe fifia la, ƒe ɖe vɛ.


Yesu va, eye wòtsɔ abolo la na wo kple lã la hã nenema ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite