Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye ame la ƒe lãme sẽ enumake, eye wòkɔ eƒe aba dzi hezɔ azɔli. Ke ŋkeke ma enye Sabat.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Enumake ŋutsu la ƒe lãme sẽ. Eŋlɔ eƒe aba la, eye wòzɔ azɔli. Dzudzɔgbe ŋkeke dzie Yesu wɔ nukunu sia le.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 5:9
15 Referans Kwoze  

Ke gbesigbe Yesu nyã anyi heʋu eƒe ŋkuwo la, enye Sabat-ŋkeke.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, wò xɔse la ɖe wò! Eye enumake la wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le mɔ la dzi.


Eye enumake eƒe ʋu la nu tso, eye wose le eƒe lãme bena, yeƒe dɔ la vɔ.


Eye enumake la anyi la vo le eŋuti, eye eŋuti ko.


Eye esi wòte va la, elé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye ŋudza la dzo le edzi, eye wòsubɔ wo.


Ne wotso aʋa na ame le Sabat dzi, bena woagada Mose ƒe sea dzi o la, nukaŋuti miele dɔmedzoe dom ɖe ŋutinye, elabena mena ame blibo la ƒe lãme sẽ le Sabat dzi mahã?


Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.


ekema xɔdrɔ̃wo ali kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.


Ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ miaƒe agbe dzi, eye migatsɔ agba le dzudzɔgbe la dzi, ne miatsɔ ato Yerusalem-gbowo nu ava mee o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite