Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke amea ɖe, si le ɖɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi sɔŋ la, le afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém la hã nɔ teƒea sia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 5:5
12 Referans Kwoze  

Eye wotsɔ ŋutsua ɖe, si nye tekunɔ tso dadaa ƒe dome ke la ve, amesi wotsɔna dana ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru, si woyɔna be nyui la nu gbesiagbe, be wòabia nu le amesiwo yina ɖe mawuxɔa me la si.


Eye nyɔnua ɖe, si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, amesi gblẽ eƒe agbemenuwo katã na gbedalawo, eye ɖeke mete ŋu da gbe eŋu o la,


Eye wòbia fofoa bena: Ɣekaɣi nusia va edzi mahã? Eye wòbena: Tso keke eƒe ɖevime kee.


Eye ŋutsua ɖe le Listra le anyinɔƒe, si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye wònye tekunɔ tso keke dadaa ƒe dɔme ke; amesi mezɔ azɔli kpɔ o.


Ke Abraham ƒe vinyɔnu sia, si Satana bla, kpɔ ɖa, ƒe wuienyi sɔŋ la, ɖe medze be, woatui le babla sia me le Sabat ŋkeke dzi o mahã?


Eye afima wòkpɔ ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Ainea, amesi mlɔ eƒe aba dzi ƒe enyi sɔŋ, elabena ele lãmetutudɔ lém.


Eye esi wòle eme tsom yina la, ekpɔ amea ɖe, si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke.


Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.


Elabena amesi ŋu wowɔ dɔyɔyɔdzesi sia le la, xɔ ƒe wowu ƒe blane.


ke alesi wɔ wòle nu kpɔm azɔ la, míenyae o, alo amesi nu ŋkuwo ne la, míenyae o; mibia eya ŋutɔ, etsi, aƒo nu le eɖokui ŋuti.


Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. —


Esi Yesu kpɔ eyama le anyimlɔƒe, eye wonyae bena, enɔ anyi alea eteƒe didi la, egblɔ nɛ bena: Ele didim bena, wò lãme nasẽ mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite