Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 5:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye le esia ta Yudatɔwo ti Yesu yome, eye wodi be, yewoawui; elabena ewo nusia le Sabat dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Esi Yesu nɔ gbe dam le amewo ŋu le Dzudzɔgbe dzi ta la, Yudatɔwo ti eyome vevie.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 5:16
15 Referans Kwoze  

Miɖo ŋku nya, si megblɔ na mi la dzi bena: Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome, ne wòlé nye nya me ɖe asi la, wòalé miawo hã to me ɖe asi.


Tete wogadi bena, yewoalée, ke edo le wo si me heyi.


Tete Yerusalemtɔa ɖewo gblɔ bena: Alo menye esiae nye amesi wodi be, yewoawu o mahã?


Ke amesi ŋu woda gbe le la, menya amesi wònye o; elabena Yesu ɖe eɖokui ɖa le ameha, si le afima la ta.


Ke woawo la movidzɔdzɔ yɔ wo fũ, eye woƒo nu na wo nɔewo, nusi woate ŋu awɔ Yesu.


Tete farisitɔwo do go enumake kple Herodiahawo, eye wode adaŋu le eyama ŋuti, alesi woawɔ awui.


Tete wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye wògaɖɔ ɖo zu blibo abe ekeme ene.


Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea?


Eyaŋuti Yudatɔwo gblɔ na amesi ŋu woda gbe le la bena: Egbee nye Sabat, eye womeɖe mɔ na wò be, natsɔ wò aba o.


Ame la to dzi heyi ɖagblɔ na Yudatɔwo bena, Yesu yenye amesi na yeƒe lãme sẽ.


Ke eɖo ŋu na wo bena; Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele ɖo wɔm.


Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu.


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Dɔ ɖeka ko mewɔ, eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite