Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 5:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 5:14
23 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ bena: Amea ɖeke o, Aƒetɔ. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi, eye tso esia dzi la megawɔ nuvɔ̃ o.


Yehowa he to nam, gake medem asi na ku o.


Ke esi wonya kpɔ gbɔdzɔe ko la, wogawɔ nu vɔ̃ɖi le ŋkuwò me; tete nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wonyã avuzi le wo dzi; emegbe wogado ɣli na wò, eye nèsee le dziƒo heɖe wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu zi geɖewo.


Tete la Wòtɔ edzi heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adadre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ la, hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye esi woyi ɖe eme la, wonɔ afima; eye nenem me sia ƒe anyinɔnɔ megbetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ; nenema ke wòanɔ na nenem dzidzime vɔ̃ɖi sia hã.


Ke ne nusiawo va tso hafi mieɖo tom o, boŋ mietsi tre ɖe ŋunye la,


Eye esi Yesu kpo woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la bena: Vinye, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò.


Yehowa le xoxo ge nam, eyata mina miaƒe saŋkuwo naɖi le Yehowa ƒe me le míaƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Azɔ nye ta kɔ dzi ɖe nye futɔ, siwo ƒo xlãm godoo la ŋuti mase aseyetsovɔ le eƒe agbadɔ me, madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.


Ke amea ɖe, si le ɖɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi sɔŋ la, le afima.


Ke Axaz sia gãwo nu tovo ɖe dzi ɖe Yehowa ŋu le ɣeyiɣi, si me woxaxae ɖo.


Elabena ebia hlɔ̃ hlɔ̃dolawo, eɖoa ŋku wo dzi, eye meŋlɔa hiãlɔwo ƒe ɣlidodo be o.


Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;


Nenye kafukafu tae wòbe, yeasa vɔ ɖo la, ekema wòatsɔ aboŋgo maʋamaʋã, akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo, kpakple wɔ memee, si wodzaba kple ami hetsɔ tɔ tatali la, akpe ɖe eƒe kafukafuvɔsalã la ŋu.


Eye Xizkiya gblɔ be: Nuka nye dzesi be, mayi Yehowa ƒe me?


Ke amesi ŋu woda gbe le la, menya amesi wònye o; elabena Yesu ɖe eɖokui ɖa le ameha, si le afima la ta.


Ne nunɔla la kpɔ bena, nu la teƒe nye ɖe me wu ŋutigbalẽ bubuawo, eye fuawo lu ɣie la, ekema nunɔla la nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye ƒo ɖe nuƒoƒo la teƒe.


Elabena mele ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu, eye nyemewɔ nu tovo ɖe nye Mawu ŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite