Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 eye Yakob ƒe vudo le afima. Eye esi mɔzɔzɔ te ɖeɖi Yesu ŋu la, ebɔbɔ na anyi nenema ke ɖe vudo la to, anɔ gaƒoƒo adelia me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yakob ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakob tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu nɔ anyi ɖe vudoa gbɔ be yeadzudzɔ. Anɔ gaƒoƒo adelia me.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:6
12 Referans Kwoze  

Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Eye kpɔ ɖa, ya sesẽa ɖe va ƒo ɖe ƒua dzi, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe nua me; ke eya ŋutɔ dɔ alɔ̃.


Ke tso gaƒoƒo adelia dzi la zãdokeli do de anyigba la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Eye esi wòtsi nu do ŋkeke blane kple zã hã blane megbe la, do va wui.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Yesu ɖo ŋu bena: Alo menye gaƒoƒo wuievee le ŋkeke ɖeka me oa? Ne amea ɖe zɔ le ŋkeke me la, meklia nu o, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli la kpɔm.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.


Eye wòdzi ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi, eye wòxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me; elabena womekpɔ teƒe le amedzrodzeƒe o.


Ale wòva Samariatɔwo ƒe dua ɖe, si woyɔna be Sixar me, si le ɖe anyigba, si Yakob na via Yosef la ŋuti;


Eye Samaria-nyɔnua ɖe va tsi du ge. Yesu gblɔ nɛ bena: Na ɖem mano.


Alo ɖe nèwu mía fofo Yakob, amesi na vudo la mi, eye eya ŋuta kple viawo kpakple eƒe lãwo no eme tsi mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite