Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:53 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

53 Tete fofoa dze sii bena, enye gaƒoƒo ma, si dzi Yesu gblɔ ne bena: Viwò la le agbe, eye eya ŋutɔ xɔe se kple eƒeme blibo katã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

53 Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale aʋafia la kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔ Yesu dzi se.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:53
12 Referans Kwoze  

Eye Yesu gblɔ ne bena: Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, ɖe esi eya hã nye Abraham vi ŋuti.


Edo eƒe nya da wòyɔ dɔ wo, eye wòhe wo tso woƒe ʋe la me.


Ke Krispo ƒuƒoƒe la ƒe amegã kple eƒeme katã woxɔ Aƒetɔ la dzi se; eye Korintotɔwo dome ame geɖe, siwo ɖo toe la, xɔe se, eye wode mawutsi ta na wo.


Eye wòkplɔ wo yi eƒe me heɖo kplɔ na wo, eye wòkpɔ dzidzɔ kple eƒeme katã bena, yexɔ Mawu dzi se.


amesi lagblɔ nya, siwo me nato akpɔ ɖeɖe la, na mia kple aƒewò katã.


Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.


Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mia Mawu la, ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la.


Eye Yesu gblɔ na aʋafia la bena: Heyi, eye alesi nèxɔe se la, woawɔ na wò nenema ke! Eye eƒe dɔtsɔla ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.


Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di.


Tete wòbia gaƒoƒo, si dzi wòka ɖe eme nɛ la wo tsitotsito. Eye wogblɔ nɛ bena: Etsɔ le gaƒoƒo adrelia dzi ŋudza la dzo le edzi.


Ke esi wòyina la, eƒe dɔlawo va kpee, eye woka eta nɛ bena: Viwò la tsi agbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite