Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ale wòva Samariatɔwo ƒe dua ɖe, si woyɔna be Sixar me, si le ɖe anyigba, si Yakob na via Yosef la ŋuti;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la me, si te ɖe anyigba si Yakob na via Yosef la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:5
9 Referans Kwoze  

Eye Israel-viwo ɖi Yosef ƒe ƒu, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ la, ɖe Sixem, ɖe anyigba, si Yakob ƒle kesita alafa ɖeka le Sixem fofo Xamor ƒe viwo si la dzi, eye wòtrɔ zu Yosef-viwo ƒe domenyinu.


Eye wòƒle anyigba, si dzi wòtu eƒe agbadɔ ɖo la, le Sixem fofo Hemor ƒe viwo si, kesita alafa ɖeka.


Ke metsɔ anyigbaa ɖe, si mexɔ le Amoritɔwo si kple nye yi kple da la na wò, si natsɔ awu nɔviwòwo.


Alo ɖe nèwu mía fofo Yakob, amesi na vudo la mi, eye eya ŋuta kple viawo kpakple eƒe lãwo no eme tsi mahã?


Elabena nya, si wògblɔ le Yehowa ƒe nya nu ɖe vɔsamlekpui la ŋuti le Betel kple nuxeƒexɔwo katã, siwo le Samaria-duwo me ŋuti la, ava me.


eye wòdɔ dɔlawo ɖo ɖe eŋgɔ, eye esi wole yiyim la, wova ge ɖe Samariatɔwo ƒe dua ɖe me, be yewoadzra dzeƒe ɖo ɖi nɛ.


eye Yakob ƒe vudo le afima. Eye esi mɔzɔzɔ te ɖeɖi Yesu ŋu la, ebɔbɔ na anyi nenema ke ɖe vudo la to, anɔ gaƒoƒo adelia me.


Elabena eƒe nusrɔ̃viwo yi ɖe dua me, be woaƒle nuɖuɖu.


Eye tso du ma me Samariatɔwo dome ame geɖe xɔ edzi se le nyɔnu, si ɖi ɖase bena: Egblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la fiãm la, ƒe nya ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite