Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 eye wogblɔ na nyɔnua bena: Azɔ menye le wò nuƒoƒo ŋuti miexɔe se ɖo o; elabena mía ŋutɔwo miese, eye mienya bena, ame siae nye xexeame xɔla vavã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to la be, “Míawo hã míexɔ edzi se, elabena míawo ŋutɔ hã míese nya geɖewo tso eƒe nu me, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Míenya be ame siae nye xexea me ƒe Ɖela la vavã.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:42
23 Referans Kwoze  

Eye míawo miekpɔe, eye míeɖia ɖase bena, Fofo la do Via ɖo ɖa, be wòanye xexeame xɔla.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Elabena esiaŋuti hã míedzea agbagba, eye míenana wodzua mi ɖo; elabena míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo Mawu gbagbe, si nye amewo katã xɔla, vevietɔ xɔsetɔwo tɔ la dzi.


Elabena Mawu enye amesi nɔ Kristo me lé avu le xexeame kple eɖokui dome, eye mebu woƒe vodadawo na wo o, eye wòtsɔ avulénya la de mia me.


Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Miva kpɔ amea ɖe, si gblɔ nusiwo katã mewo kpɔ la nam; ɖe menye esia nye Kristo la oa?


Mi anyigba ƒe mlɔenuwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi; elabena nyee nye Mawu, ɖeke megali o.


kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.


Azɔ esi Yesu de la, ekpɔ bena, exɔ ŋkeke ene xoxo le yɔ-doa me.


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


Yehowa klo nu le eƒe alɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo katã ŋku me, eye anyigba ƒe mlɔenuwo katã akpɔ mía Mawu ƒe xɔname.


Eye ame geɖe wu xɔ edzi se le eya ŋutɔ ƒe nya ŋuti,


Amesia Mawu do ɖe dzi le eƒe nuɖusi me abe kplɔla kple xɔla ene, bena wòana dzimetɔtrɔ kple nuvɔ̃wo ƒe keke Israel.


Tso nenem me sia ƒe dzidzime me Mawu tsɔ xɔla Yesu na Israel le ŋugbedodo la nu:


Eye eya kee nye avuléle le miaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía to ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite