Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ bena, wòanɔ yewo, gbɔ, eye wònɔ afima ŋkeke eve.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:40
15 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.


Eye wozi edzi gblɔ bena: Na anyi kpli mí, elabena zã le dodom, eye ŋkeke la yi vɔ. Eye wòyi de eme, be yeanɔ anyi kpli wo.


Eye ŋutsu, si me gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo go le la, ɖe kuku nɛ bena, yeana egbɔ; ke edo mɔe gblɔ bena:


Wò Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, wò eƒe xɔnametɔ le hiãɣi, nukaŋuti nèbe, yeanɔ anyigba la dzi abe amedzro ene, eye abe mɔzɔla, si tu eƒe agbadɔ, be woatsi adɔ la ene?


Nyemekpɔ to wo ŋu yi o, tete mekpɔ amesi nye luʋɔ lɔ̃na la. Melée, eye megbe asiɖeɖe le eŋu, vaseɖe esime mekplɔe va danye ƒe me, va nɔnye ƒe xɔ mee.


Le amehehe ɖe asi sesĩe, megage le asiwò o, dza eŋu, elabena wò agbee wonye.


Ke esi wòkpɔ be, yemate ŋui o la, etɔ asi eƒe aligo, eye Yakob ƒe aligokpeƒe ɖɔ li, le esime wole ka mea tem la.


Eye nɔvinyɔnu, si woyɔna be Maria la, le esi, eye eya bɔbɔ nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu, eye wòse eƒe nyawo.


Eye tso du ma me Samariatɔwo dome ame geɖe xɔ edzi se le nyɔnu, si ɖi ɖase bena: Egblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la fiãm la, ƒe nya ŋuti.


Eye ame geɖe wu xɔ edzi se le eya ŋutɔ ƒe nya ŋuti,


Eye le ŋkeke eve megbe la edzo le afima yi ɖe Galilea.


Eye wòzu dzidzɔ gãa ɖe le ɖu ma me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite