Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Miva kpɔ amea ɖe, si gblɔ nusiwo katã mewo kpɔ la nam; ɖe menye esia nye Kristo la oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 “Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye eyae nye Kristo la oa?”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:29
12 Referans Kwoze  

Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Menyae bena, Mesia, si woyɔna be Kristo la gbɔna; ne eyama va la, agblɔ nuwo katã afia mí.


Ke ame geɖewo xɔ edzi se le ameha la dome, eye wogblɔ bena: Ne Kristo ava la, ɖe wòawɔ dzesiwo awu esiawo, siwo amesia wɔ la mahã?


Eye kpɔ ɖa, ele nu ƒom faa, eye womegblɔa nyaa ɖeke nɛ o. Ɖe dumegãwo dze sii vavã bena, amesiae nye Kristo la mahã?


Eye kuvia ɖo ameha la katã, eye wogblɔ bena: Alo nenem me sia la menye Dawid vie o ɖe?


Tete nyɔnu la gblẽ eƒe tsize ɖi, eye wòdzo yi ɖe dua me, eye wògblɔ na ameawo bena:


Tete wodo go le dua me, eye wova egbɔ.


Eye tso du ma me Samariatɔwo dome ame geɖe xɔ edzi se le nyɔnu, si ɖi ɖase bena: Egblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la fiãm la, ƒe nya ŋuti.


Samuel ɖo ŋu na Saul gblɔ bena: Nyee nye nukpɔla la. Dze ŋgɔnye yi to la dzi, eye miaɖu nu kplim egbea! Etsɔ ŋdi la mado mɔ wò, eye maɖe nusiwo katã le wò dzi me la afia wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite