Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yohanes 4:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Menyae bena, Mesia, si woyɔna be Kristo la gbɔna; ne eyama va la, agblɔ nuwo katã afia mí.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Menya be Mesia” (si woyɔna be Kristo la) “le vava ge. Ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí.”

Gade chapit la Kopi




Yohanes 4:25
11 Referans Kwoze  

Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.


eye wogblɔ na nyɔnua bena: Azɔ menye le wò nuƒoƒo ŋuti miexɔe se ɖo o; elabena mía ŋutɔwo miese, eye mienya bena, ame siae nye xexeame xɔla vavã.


Miva kpɔ amea ɖe, si gblɔ nusiwo katã mewo kpɔ la nam; ɖe menye esia nye Kristo la oa?


eye Yakob dzi Yosef, si nye Mana, amesi dzi Yesu, si woyɔna be Kristo la, srɔ̃.


Eye tso du ma me Samariatɔwo dome ame geɖe xɔ edzi se le nyɔnu, si ɖi ɖase bena: Egblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la fiãm la, ƒe nya ŋuti.


Eyaŋuti esi woƒo wo ɖokui nu ƒu la, Pilato gblɔ na wo bena: Ameka ŋue mielɔ̃ bena, maɖe asi le na mia? Baraba loo alo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã?


Pilato gblɔ na wo bena: Ekema nuka mawo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã? Wo katã wogblɔ bena: Na woaklãe ɖe ati ŋuti!


elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite